Luke 15:3-7

3Esia na be Yesu do lo sia na wo be, 4“Nenye be alẽ alafa ɖeka le asiwò eye ɖeka tra mɔ yi gbeme hebu ɖe magblẽ blaasieke vɔ asieke mamalea ɖe gbea dzi aɖadi ɖeka ma va se ɖe esime nèke ɖe eŋu oa? 5Eye nenye be èkpɔe la àkɔe ɖe abɔta kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe ayi aƒee. 6Ne èɖo aƒe la, àyɔ wò aƒelikawo kple xɔlɔ̃wo be woava kpɔ dzidzɔ kple ye elabena èkpɔ wò alẽ si bu la.

7“Nenema kee dziƒonɔlawo akpɔ dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔla ɖeka pɛ si dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ la ŋu tsɔ wu ame blaasieke vɔ asieke siwo mehĩa na dzimetɔtrɔ o.

Copyright information for EweBEE